Revelation of John 8

Nutrenu adrelia ʋuʋu kple sikadzudzɔdosonu la

1Esi wòʋu nutrenu adrelia la ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene. 2Eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume eye wotsɔ kpẽ adre na wo. 3Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la, hã va tsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋẽdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe amekɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ dzi. 4Dzudzɔʋeʋẽdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe amekɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asime. 5Emegbe mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wotsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo eye anyigba ʋuʋu.

Kpẽ adreawo kuku

6Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la, nɔ klalo na wo kuku.

7Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la, tete tsikpe dza eye wotsɔ dzo, si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃lia ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fia.

8Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ eye wotsɔ nane si lolo abe to ene eye wole bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu ʋu 9Nugbagbe siwo katã le atsiaƒua me la, ƒe mama etɔ̃liawo ƒe ɖeka ku eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.

10Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la, ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple tsivudowo memama etɔ̃lia ƒe ɖeka dzi, 11ke ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve”. Ale tsiwo katã ƒe memama etɔ̃lia ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.

12Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wotsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka ŋkume eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃lia ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.

13Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le yame la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”

Copyright information for EweBEE